Revelation of John 6

Nutrenuawo

1Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe mese nugbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!” 2Mekpɔ sɔ ɣi aɖe le ŋgɔnye! Sɔdola la lé dati ɖe asi, wotsɔ fiakuku nɛ eye wòdo sɔ la do go dzo abe kalẽtɔ si ɖoe kplikpa be yeaɖu dzi la ene.

3Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa eye wòʋu agbalẽ evelia hã. Mese nugbagbe evelia wògblɔ be, “Va!” 4Tete sɔ bubu do go va, ebiã eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be woaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ.

5Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nugbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!” Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, edola lé nudanu ɖe asi. 6Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le nugbagbe eneawo dome le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu eye lu agba etɔ̃ anye agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!”

7Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nugbagbe enelia wògblɔ be, “Va!” 8Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku eye tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.

9Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le vɔsamlekpuia te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi anukwretɔe ta la ƒe luʋɔwo. 10Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, “Va se ɖe ɣekaɣie Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo eye nàbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?” 11Tete wotsɔ awuʋlaya ɣi na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wogblɔ na wo be woalala vie va se ɖe esime wo nɔvi kple dɔla bubuawo, ame siwo hã woawu la ƒe xexlẽme nade eye abe ale si wònɔ na wo ene la nawu enu.

12Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe ƒe keklẽ trɔ zu yibɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti hã biã dzẽ abe ʋu ene, 13eye ɣletiviwo le dziƒo ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene. 14Dziŋgɔlĩ gbugbɔ yi megbe abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe. 15Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kpakple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome. 16Wogblɔ na towo kple agakpewo bena, “Mimu dze mía dzi ne miaɣla mí ɖa tso ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe helihelĩ la gbɔ, 17elabena woƒe dɔmedzoeŋkeke gã la ɖo vɔ. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?”

Copyright information for EweBEE